Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 4:2 - Agbenya La

2 Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 4:2
19 Mawu Ofanana  

Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.


Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.”


Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”


Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa,


Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?” Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene.


Noa, ame si nye agbledela la de waingble.


Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.


Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.


gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’


Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta.


Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi.


Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye.


To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.


Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye Abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe.


Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa