Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 39:7 - Agbenya La

7 Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 39:7
19 Mawu Ofanana  

mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la.


Esi wòtsi tsitre ɖe eŋkume la, Amnon gblɔ nɛ be, “Lɔlɔ̃tɔ, va mlɔ gbɔnye.”


“Mebla nu kple nye ŋku be megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.


Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu, eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu.


Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o.


Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me


ne menye nenema o la, miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu.


elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò.


Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be,


Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe.


Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me.


“Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò!


Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o.


gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!


Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa