Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 39:5 - Agbenya La

5 Enumake Yehowa de asi Potifar yayra me ɖe Yosef ta. Eƒe aƒemenyawo katã tsɔ afɔ nyuie; eƒe agblemenukuwo ʋã nyuie, eye eƒe lãwo hã dzi ɖe edzi,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 39:5
9 Mawu Ofanana  

Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.


Ale Mawu se Abraham ƒe kukuɖeɖe, ena Lot nɔ dedie, eye wòɖee tso ku kple tsɔtsrɔ̃ siwo ƒo xlã Sodom, Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la me.


Laban gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, mègadzo le gbɔnye o, elabena to nukaka me la, menya be wò afi sia nɔnɔe na mekpɔ yayra geɖe siawo.


Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me.


Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.


‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’


Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa