1 Mose 38:25 - Agbenya La25 Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191325 Ke esi wokplɔe do goe la, edɔ ame ɖo ɖe toa gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu, si ƒe nu enye esiawo la, eyae ɖo fum. Eye wògblɔ bena: Lé ŋku ɖe eŋu nyuie be, ameka tɔ enye ŋkɔsigɛ la kple eŋuti ka kpakple alikplɔ la mahã? Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.