Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 38:10 - Agbenya La

10 Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nuwɔwɔ sia vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wowu eya hã.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 38:10
13 Mawu Ofanana  

Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul.


eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.


Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?”


Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye Er, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ, Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui.


Mawu hã mekpɔ dzidzɔ le amexexlẽ sia ŋu o, eya ta wòhe to na Israel ɖe eta.


Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.


elabena Yehowa akpɔe, eye madze eŋu o, eye wòaɖe eƒe dziku ɖa le edzi.


Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’


Le esia megbe la, Hagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ, tsɔ Yehowa ƒe gbedeasi sia na ameawo, “Meli kpli mi,” Yehowae gblɔe.


Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me.


Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.”


Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi.


Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa