Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 32:9 - Agbenya La

9 Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena egblɔ bena: Ne Esau ava dze akpa ɖeka dzi, eye woade zi wo me la, ekema akpa ɖeka nasi adzo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 32:9
20 Mawu Ofanana  

“Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo.


Ekpɔ Yehowa wònɔ atsrɔe la tame, eye wògblɔ be, “Nyee nye Yehowa, Abraham ƒe Mawu kple fofowò Isak ƒe Mawu. Anyigba si dzi nèmlɔ la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo,


Gawu la, meli kpli wò, makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi la, eye makplɔ wò nàgbɔ ava anyigba sia dzi dedie. Manɔ kpli wò va se ɖe esime matsɔ nu siwo katã ŋugbe medo na wò la ana wò.”


Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia wò le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na wò be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi wò ɖo la.”


Mate ŋu awɔ nuvevi wò hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le zã si va yi la me, eye wògblɔ nam be, ‘Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.’


Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, “Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ wò ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli wò.”


Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”


Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu.


elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.”


Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ,


Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.”


“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò?


Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo


Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti.


Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ.


“Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:


Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa