Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 32:22 - Agbenya La

22 Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ale nunanawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa me dɔ le zã ma me.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 32:22
10 Mawu Ofanana  

Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.”


Ale wòɖo nunanawo ɖa do ŋgɔ, eye Yakob gatsi asaɖa me dɔ.


Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã.


Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”


Ke míegblẽ Amonitɔwo kple Yabok tɔsisi la kple du siwo le tonyigba la dzi kple teƒe siwo me Yehowa, míaƒe Mawu, de se na mí be míagage ɖo o la ɖi.


Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina.


Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.


Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.


Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa