Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 30:2 - Agbenya La

2 Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Yakob do dɔmedzoe ɖe Raxel ŋuti gblɔ bena: Alo Mawu ye menye, amesi xe wò vidzidɔa?

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 30:2
17 Mawu Ofanana  

Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi.


elabena Yehowa xe woƒe vidzidɔwo be yeahe to na Abimelek ɖe ale si wòxɔ Abraham srɔ̃ Sara la ta.


Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu.


Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko.


Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale?


Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia?


Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!”


Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.


Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.


Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.


Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake.


Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.


Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa