Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!”
Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!” ’ ”
Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye.
Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene.
Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.
Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi.