Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:22 - Agbenya La

22 Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la,

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:22
15 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”


Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.


Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a.


Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.


Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!


Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo.


Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon, heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me, aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi! Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.


“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.


heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa