Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:20 - Agbenya La

20 Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye ame la tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:20
14 Mawu Ofanana  

Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa.


Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o.


Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”


Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a.


Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”


Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”


Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe.


Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”


“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).


Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo.


Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene.


Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva.


Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa