Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:18 - Agbenya La

18 Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò, eye nàɖu woƒe gbewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ŋu kple aŋɔka amie na wò, eye naɖu anyigba dzi amagbewo!

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:18
20 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.


Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”


hedo gbe ɖa be, “Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me, eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo. Yehowae na eye Yehowae gaxɔe; woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”


ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.” Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.


Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa, woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã eye ame siwo wum tsikɔ le la ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.


Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,


Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”


Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ.


ŋu vu tsyɔ afi sia afi, gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu.


eye na nye amewo ƒe anyigba, anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo. Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia, si me wotua aglo le


Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”


Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka (1,000) la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma.


Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi.


Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu, woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o. Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”


Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi: “Miŋlɔ agble yeye, migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.


Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku.


Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe.


Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.


ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa