Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 3:13 - Agbenya La

13 Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 3:13
15 Mawu Ofanana  

Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo?


Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?”


Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo!


Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.” Ke ɖeko nyagblɔɖila tsitsi la blee.


Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm.


Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ.


Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?”


Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam.


Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene.


Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va.


Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas.


Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa