Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 27:2 - Agbenya La

2 Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, metsi, eye nyemenya nye kugbe o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 27:2
10 Mawu Ofanana  

Tsɔ wò da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu lã aɖe tsɔ gbɔe.


Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.


Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi.


Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”


“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.


Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o.


Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene.


Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa