Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:22 - Agbenya La

22 Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye wòʋu le afima ɖo ta ŋgɔ, eye wòɖe vudo bubu; ke womewɔ dzre ɖe eya ta o; eyata wòna ŋkɔe be Rehobot hegblɔ be: Azɔ Yehowa na nɔƒe mí, bena míakeke ta ɖe anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:22
11 Mawu Ofanana  

Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome!


Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.”


Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe!


Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”


Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa, etɔ nam, eye wòɖe gam.


Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me.


Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa; eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.


Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.


Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu.


Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi, he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi; he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi, mègatoe ɖe eme o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu, eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe,


elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa