Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 26:12 - Agbenya La

12 Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 26:12
18 Mawu Ofanana  

Abraham tsi ŋutɔ azɔ, eye Yehowa yrae le mɔ sia mɔ nu.


Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe.


Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu kɔ yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi.


Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.”


Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene.


elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?”


Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi.


Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí.


Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.


Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.


Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie.


“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene.


Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la, eye wòsea egɔme, eye eya hã ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vaa dziƒofiaɖuƒe la mee.”


Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.


Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku blaetɔ̃, eye ɖewo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.”


Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi, eye wotse ku le miaƒe dziwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa