Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 23:6 - Agbenya La

6 “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 23:6
19 Mawu Ofanana  

Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu.


Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan.


Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?”


Gbugbɔe ɖo ɖe srɔ̃a kaba! Srɔ̃a ado gbe ɖa ɖe tawò, elabena nyagblɔɖilae, ekema ànɔ agbe. Ke ne mèɖoe ɖe srɔ̃a o la, ekema nyae be mi kple aƒewòmetɔwo katã miaku.”


Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me.


Hititɔ la ɖo eŋu na Abraham be,


Abraham tsi tsitre, eye wòde ta agu na Hititɔwo hegblɔ be,


Ɖetugbi la ɖo eŋu be, “Mana tsi wò faa, nye aƒetɔ.” Eku tsi na aƒedzikpɔla la enumake,


Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe.


Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.”


woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!”


Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva;


Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ”


Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo?


Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Nu siwo wowɔ le Egipte, Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò. Woaɖo fli ɖe megbewò, eye woanɔ hame ava gbɔwò. Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be ‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali o.’ ”


Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa