Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 22:23 - Agbenya La

23 Betuel nye Rebeka fofo. Milka dzi ŋutsuvi enyi siawo na Abraham nɔvi ŋutsu, Nahor.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Betuel dzi Rebeka. Ame enyi siawo Milka dzi na Naxor, Abraham nɔvi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 22:23
13 Mawu Ofanana  

Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska.


Bubuawoe nye Kesed, Hazo, Pildas, Yidlaf kple Betuel.”


Eƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Reuna la hã dzi viŋutsu siawo: Teba, Gaham, Tahas kple Maaka nɛ.


Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor.


Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi.


“Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ.


Kplɔe yi, eye wòazu wò aƒetɔ ƒe vi srɔ̃ abe ale si Yehowa gblɔe ene.”


Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”


Isak kplɔ Rebeka de dadaa ƒe agbadɔ me, eye wòzu srɔ̃a. Isak lɔ̃ srɔ̃a ŋutɔ, eye Rebeka zu akɔfafa tɔxɛ nɛ le dadaa ƒe ku megbe.


Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi.


ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka.


Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa.


Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa