Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 22:14 - Agbenya La

14 Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 22:14
19 Mawu Ofanana  

Enumake Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo avekawo bla la le avekɔe aɖe me. Ale wòlé agbo la, eye wòtsɔe sa vɔe ɖe ɖevi la teƒe abe numevɔsa ene le vɔsamlekpui la dzi.


Yehowa ƒe dɔla la gayɔ Abraham tso dziƒo,


Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi.


Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz.


Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”


Yehowa ƒe nya va na Eliya bena,


Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.”


“Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”


O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.


Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.


Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.


Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.


Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.


Mifɔ ŋdi kanya eye miadzo ne agu dze ko.”


Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa