Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 22:12 - Agbenya La

12 Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ hɛ la de aku me; mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o, elabena menya be Mawu xɔ teƒe gbãtɔ le wò agbenɔnɔ me; mèhe viwò lɔlɔ̃a gɔ̃ hã ɖe megbe tso gbɔnye o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 22:12
42 Mawu Ofanana  

Abraham ɖo eŋu be, “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Eme kɔ ƒãa be Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele afi sia o, eye woawum ɖe srɔ̃nye ta.’


Enumake Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo avekawo bla la le avekɔe aɖe me. Ale wòlé agbo la, eye wòtsɔe sa vɔe ɖe ɖevi la teƒe abe numevɔsa ene le vɔsamlekpui la dzi.


eye wògblɔ nɛ be, “Nye, Yehowa, meka atam na wò le nye ŋkɔ dzi be esi nèɖo tom, eye mègbe viwò ŋutsuvi lɔlɔ̃a tsɔtsɔ nam o ta la,


Tete Mawu gblɔ be, “Kplɔ viwò ŋutsuvi ɖekɛ la, Isak, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, ne miayi Moria nuto me. Tsɔe sa numevɔe le afi ma le toawo dometɔ ɖeka si mafia wò la dzi.”


Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.”


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze.


Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o.


Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”


Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.


Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.


ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.


Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me kple dzodzo nyanyanya.


Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.


Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.


Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.”


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo


Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.


Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.


Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.


Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,


eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome.


Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”


Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.


Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.


Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?


Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.


Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.


Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.


Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,


Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.


Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!”


Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa