Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 21:8 - Agbenya La

8 Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye ɖevi la tsi, eye wòɖi no, eye gbesigbe Isak ɖi no la, Abraham ɖo kplɔ̃ gãa ɖe.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 21:8
16 Mawu Ofanana  

Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ,


Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!”


Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la,


Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene.


Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob.


Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ.


Esi Abner kplɔ ame blaeve ɖe asi va David gbɔ le Hebron la, David xɔ wo nyuie eye wòɖo kplɔ̃ na wo.


Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã.


Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe Susa fiasã la me. Ekpe bubumewo, fiaŋumewo kple aʋakplɔlawo kple ame ŋkutawo tso Media kple Persia ƒe nutowo katã me.


gake mena nye luʋɔ zi ɖoɖoe, heli kpoo abe ale si ɖevi si ɖi no la nɔa dadaa ƒe akɔnu ene, eye nye luʋɔ le abe ɖevi si ɖi no la ene.


Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi.


Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene.


Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi.


Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, “Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.”


Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo.


Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa