Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 21:2 - Agbenya La

2 Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 21:2
12 Mawu Ofanana  

Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.


Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.”


Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem.


Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.”


Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me.


Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.


Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.”


Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu.


To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.


Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa