Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 21:16 - Agbenya La

16 eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye wòyi ɖabɔbɔ na ɖevi la kasa le adzɔge boo, wo dome didi abe aŋutrɔ ƒe duɖiɖi me ene; elabena egblɔ bena: Nyemate ŋu akpa ɖevi la ƒe kuƒe o. Eyata wòyi ɖabɔbɔ no adzɔge boo ɖo; tete ɖevi la de asi avifafa me sesĩe.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 21:16
16 Mawu Ofanana  

Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te,


Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o.


Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me.


Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.”


Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.”


Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, “Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!” Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, “Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na mí!”


elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.”


“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!


Oo, nye dukɔ, mita akpanya, miamli le dzofi me. Fa konyi vevie kple ɣli abe ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene, elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe mía dzi zi ɖeka kpoyi!


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


“Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.


Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo.


Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe.


Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe.


wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa