Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 20:11 - Agbenya La

11 Abraham ɖo eŋu be, “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Eme kɔ ƒãa be Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele afi sia o, eye woawum ɖe srɔ̃nye ta.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 20:11
16 Mawu Ofanana  

Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’


Eye Abimelek bia Abraham be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?”


Kpe ɖe esia ŋu la, nɔvinye nyɔnu tututue, fofonye vie, ke menye danye vie o, eye wònye srɔ̃nye hã.


Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ hɛ la de aku me; mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o, elabena menya be Mawu xɔ teƒe gbãtɔ le wò agbenɔnɔ me; mèhe viwò lɔlɔ̃a gɔ̃ hã ɖe megbe tso gbɔnye o.”


Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ.


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze.


Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o.


Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”


Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me.


ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu


Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃, eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi, agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.


Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa