Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 2:8 - Agbenya La

8 Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 2:8
12 Mawu Ofanana  

Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.


Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.


Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.


Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi.


Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã!


Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ. Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ, eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene. Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma.


“Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.


Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.


Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime.


“ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa