Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.
Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.