Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 2:14 - Agbenya La

14 Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tɔsisi etɔ̃lia ŋkɔ nye Xidekel; esi to Asur ƒe ɣedzeƒe gome. Eye tɔsisi enelia nye Frat.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 2:14
11 Mawu Ofanana  

Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala


Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.


Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.


Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi.


Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene.


Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo.


Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo.


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la,


Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu.


Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu.


Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa