13 Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi.
13 Tɔsisi evelia ŋkɔ nye Gixon; eƒo xlã Kus-nyigba blibo la katã.
Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le.
(Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.)
Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.
Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.