Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 18:6 - Agbenya La

6 Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Abraham ƒu ɖu yi ɖe Sara gbɔ le agbadɔ me, eye wògblɔ nɛ bena: Wɔ kaba, ku wɔ memee asiʋlo etɔ̃a ɖe, nablui, eye natsɔe atɔ tatalii.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 18:6
15 Mawu Ofanana  

eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.”


Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake.


Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ,


Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu.


Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.


Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la, eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te.


Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”


Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.


Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo.


Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.


Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me.


Mixɔ mia nɔewo ɖe miaƒe aƒewo me liʋĩliʋĩlilĩmanɔmee.


Gideon ɖe abla yi aƒe me, wu gbɔ̃vi aɖe, mee eye wòtsɔ wɔ lita blaeve-vɔ-eve ƒo abolo maʋamaʋãe; etsɔ lã la ɖe kusi me eye wòtsɔ detsia ɖe ze me heyi na Mawudɔla la le oɖumti la te.


Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa