Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ”
Gideon ɖe abla yi aƒe me, wu gbɔ̃vi aɖe, mee eye wòtsɔ wɔ lita blaeve-vɔ-eve ƒo abolo maʋamaʋãe; etsɔ lã la ɖe kusi me eye wòtsɔ detsia ɖe ze me heyi na Mawudɔla la le oɖumti la te.