Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”
Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe. Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe.
Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?”
Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?”
Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.
Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi.