Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 16:6 - Agbenya La

6 Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Abram gblɔ na Sarai bena: Kpɔ ɖa, wò kosi la le asiwò me, wɔ nusianu, si nyo ŋuwò la, ɖo eŋu faa! Tete Sarai bɔbɔe ɖe anyi; eyata wòsi le egbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 16:6
15 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ,


Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me.


Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.”


Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to.


Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.


Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.


Ame si tra tso eƒe aƒe me la le abe xevi si bu eƒe atɔmemɔ ene.


Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o, togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o.


Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.


Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.”


Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.”


Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa