Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 16:13 - Agbenya La

13 Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete wòyɔ Yehowa, amesi ƒo nu kplii la ƒe ŋkɔ bena: Wòe nye Mawu nusianu kpɔla! Elabena egblɔ bena: Alo menye amesi le kpɔyem la yome mekpɔ ɖa vava oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 16:13
14 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi.


Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.


Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.”


Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”


Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”


Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me.


Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume.


Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.


Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ.


Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa