Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:5 - Agbenya La

5 Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:5
22 Mawu Ofanana  

Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!


elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò.


Maɖo kpe nubabla si le nye kpli wò dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu.”


makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi,


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me.


elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi.


Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau:


Azɔ la, wò dɔla le afii, le wò ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o.


David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi.


Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa, le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme


Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo, eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ.


Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ”


Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.


Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ”


Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Abraham kpɔ mɔ le xɔse me, eye wòzu dukɔ geɖewo fofo, abe ale si wogblɔ nɛ ene be, “Nenema anye wò dzidzimeviwo.”


elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene!


Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”


Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.


Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa