Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’
eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.
Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi.
Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.
Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi.