Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 15:16 - Agbenya La

16 Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 15:16
18 Mawu Ofanana  

Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo,


Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ.


Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi.


Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.”


Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene.


“Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la,


Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso, eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli.


Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430).


Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o.


Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum.


“Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado.


“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi.


“Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo.


Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe.


eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa