Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:9 - Agbenya La

9 Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:9
11 Mawu Ofanana  

Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.


Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ.


Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.”


Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.”


Ŋutifafamee menye, gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.


Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.”


Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene.


Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o?


Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa