Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:8 - Agbenya La

8 Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:8
30 Mawu Ofanana  

Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.”


Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan.


Ale wòdo mɔ nɔviawo. Nya mamlɛtɔ si Yosef gblɔ na nɔviawo lae nye, “Migawɔ dzre le mɔa dzi o hee!”


migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”


Aleke wohenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!


Ke esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa be yeaɖakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ Hebritɔ eve wonɔ kɔ dam, eye wòbia ame si di ge la be, “Nu kae nye esi wɔm nèle, hele wò ŋutɔ nɔviwò Hebritɔ ƒom ale?”


Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.


Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.


Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la, elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.


Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’


Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.


Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee,


Meka ɖe edzi be megahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo.


Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.


Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu.


Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui.


Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu.


Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa