1 Mose 13:7 - Agbenya La7 Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19137 Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me. Onani mutuwo |
elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.