Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:4 - Agbenya La

4 kple afi si wòɖi vɔsamlekpui ɖo kpɔ la. Afi ma Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 afisi wòɖi vɔsamlekpui ɖo gbã. Eye Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afima.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:4
21 Mawu Ofanana  

Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma.


Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi.


Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.


Mida akpe na Yehowa, elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


Masa akpedavɔ na wò, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la, mayɔe zi ale si mele agbe.


Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ, ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.


O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.


Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe; enyo be manye agbonudzɔla le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me,


Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,


Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi.


“Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe.


Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa