Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:2 - Agbenya La

2 Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:2
17 Mawu Ofanana  

Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta.


Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la.


Abraham tsi ŋutɔ azɔ, eye Yehowa yrae le mɔ sia mɔ nu.


Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe.


Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me.


Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu.


Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi.


kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome.


Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.


Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi.


Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.


Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa