Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 13:14 - Agbenya La

14 Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Esi Lot klã le Abram gbɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Abram bena: Tsa ŋku tso afisi nele, eye nakpɔ anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ɖa.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 13:14
6 Mawu Ofanana  

Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.


elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi.


Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo. Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ, zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe. “Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene, eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene.


“Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò. Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò, viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va, eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ.


ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o.


Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa