Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”
Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.”
Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la, anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.
Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.
Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, eye wodoa vlo kplɔlawo. Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be womevɔ̃a nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒodɔlawo ŋu o.
Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.