Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 12:5 - Agbenya La

5 Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 12:5
13 Mawu Ofanana  

tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)


Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran.


Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi.


Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la.


Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan.


Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.”


Yakob dzo le Beerseba, eye wòɖo ta Haran.


Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.


Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me.


“Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa