Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 12:1 - Agbenya La

1 Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa gblɔ na Abram bena: Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi!

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 12:1
20 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.”


Esi Mawu ɖo nam be maʋu le mía de la, megblɔ na srɔ̃nye be, ‘Afi sia afi si míaɖo la, ve nunye nàgblɔ be nɔvinye nyɔnue yenye.’ ”


ke boŋ yi nye ƒometɔwo gbɔ le teƒe bubu, eye nàkplɔ ɖetugbi aɖe tso afi ma vɛ na vinye wòaɖe.’


ke boŋ àyi nye denyigba dzi kple ƒonyemetɔwo dome, eye nàɖe srɔ̃ nɛ le afi ma.”


elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃.


Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o.


“Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham.


Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa?


Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o,


Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.


“Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’


Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.”


Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.”


To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã.


Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa