Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 11:3 - Agbenya La

3 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamè anyikpe, eye míaƒo dzoe! Ale anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 11:3
19 Mawu Ofanana  

Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”


Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!”


Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi.


Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.


Wodea dzi ƒo na wo nɔewo le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me, woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”


Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.


Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me.


Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,


Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko


Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala nye waingble la na mi. Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui. Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae.


Ame siwo le dɔmedzoe dom nam ɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe. Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwo le anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi,


“Anyikpewo mu dze anyi, gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo; wotso gbotiwo ƒu anyi, ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”,


Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu. Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo. Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe.


Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.


Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o.


Azɔ la, miɖo to nyuie, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du si alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi, eye míakpɔ ga.”


Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa