6 Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
6 Xam viŋutsuwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan.
(Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)
Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi.
Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet.
Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.)
Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo.
Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ.
Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi, eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene.
Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi.
kple dzesiwo le Hamnyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to.
Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.
Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.
O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi! O, tasiaɖamkulawo, miku wo kple ŋkubiã! O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe, eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!
“Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.
Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo,