Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 10:5 - Agbenya La

5 (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Amesiawo me dukɔ, siwo nɔa ƒukpowo dzi la, dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbe vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 10:5
26 Mawu Ofanana  

Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si.


Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.


Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me.


Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.


Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.


Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me.


Fia Ahasuerus ɖo nudzɔdzɔ ame siwo le anyigba la ŋutɔ kple ame siwo le ƒukpowo gɔ̃ hã dzi la siaa dzi.


Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.


Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.


eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa; mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ɖe dzi le ƒukpowo dzi.


Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene, eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi abe ʋuʋudedi ko wonye ene.


Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃. Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe, woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;


Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi, mi nu siwo le atsiaƒu me, mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi, midzi ha yeye na Yehowa. Midzi eƒe kafukafuha le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi, eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.”


Miɖo tom, mi ƒukpowo, mise nya sia, mi didiƒe dukɔwo: Hafi woava dzim la, Yehowa yɔm. Tso nye vidzĩ me wòyɔ nye ŋkɔ.


Nye dzɔdzɔenyenye gbɔna kple du, nye ɖeɖe le mɔ dzi gbɔna, eye nye abɔ ahe afia nyui tsotso vɛ na dukɔwo. Ƒukpowo akpɔ mɔ nam, eye woalala kple mɔkpɔkpɔ anɔ nye alɔ sinu kpɔm.


Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu. Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo, eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo. Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo.


Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam. Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo, lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae kple woƒe klosalo kple sika be woatsɔ ade bubu Yehowa, wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò.


Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu. Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie. Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã.


kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa?


Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’ ”


Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu.


Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo.


Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa