Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:6 - Agbenya La

6 Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Mawu gblɔ be: Alili nenɔ tsia titina, be wòanye dometsonu anɔ tsi kple tsi dome!

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:6
23 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo,


Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.”


Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina.


Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me, ekakaa eƒe dzikedzo to wo me.


àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me, nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea?


Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,


Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui, eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui.


Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.


Dziƒo ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwo.


Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum, eye tso zã yi zã, wole eƒe gãnyenye ɖem fia.


Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.


Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.


Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze.


Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.


Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.


“Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.


Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu, Yehowa si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòwɔ gbɔgbɔ de ame me, eyae gblɔ be,


Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa