Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 1:5 - Agbenya La

5 Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mawu yɔ kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke gbãtɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 1:5
16 Mawu Ofanana  

Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.


Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia.


Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia.


Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.


Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.


Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”


Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã le ave me la doa go.


Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum, eye tso zã yi zã, wole eƒe gãnyenye ɖem fia.


Ame siwo le didiƒe la vɔ̃ wò nukunuwo; èna dzidzɔhawo ɖi tso afi si ɣe dzena tsona kple afi si wòɖoa to ɖo.


Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti.


Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la,


eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃.


Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã?


Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la, dzena wokpɔna,


Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa